Gbɔgbɔ si Mawu na Nusianu si si gbɔgbɔ le la nakafu Yehowa. Mikafu Yehowa. Psalmo 150:6
Agbalẽ Atɔã wo Eye Yehowa Mawu tsɔ anyigba kpa amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; eye amegbetɔ zu luʋɔ gbagbe. Mose I, 2:7 Eye kpɔ ɖa, nye, nye ŋutɔ, mehe tsiɖɔɖɔ va anyigba dzi, be matsrɔ̃ ŋutilãwo katã, siwo me agbegbɔgbɔ le, tso dziƒo te; eye nu sia nu si le anyigba dzi la aku. Mose I, 6:17 Eye woyi Noa gbɔ le aɖakaʋu la me, ame eve kple eve le ŋutilãwo katã dome, si me agbegbɔgbɔ le. Mose I, 7:15 Ame siwo katã ƒe ŋɔti me agbegbɔgbɔ le, nusiwo katã le anyigba ƒuƒui dzi la ku. Mose I, 7:22 Ke le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu tsɔ na wò be wòanye domenyinu la, mègaɖe naneke si le gbɔgbɔm la ɖe agbe o: Mose V, 20:16
Nyadzɔdzɔ Ale Yosua ɖu togbɛwo, dzigbe, bali, tsidzɔƒewo kple woƒe fiawo katã dzi, eye megblẽ ame aɖeke ɖi o, ke boŋ etsrɔ̃ ame siwo katã le gbɔgbɔm la keŋkeŋ, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu de se ene. Yosua 10:40 Eye wotsɔ yi ƒo luʋɔ siwo katã le eme la, wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ, gbɔgbɔ aɖeke megasusɔ o, eye wòtɔ dzo Hazor. Eye Israel-viwo tsɔ du siawo ƒe aboyonu kple lãhawo katã de aboyonu na wo ɖokui; ke wotsɔ yi wu ame sia ame, va se ɖe esime wotsrɔ̃ wo, eye womegblẽ ame aɖeke ɖi be wòagbɔ ya o. Yosua 11:11,14 Eye atsiaƒu ƒe tɔdzisasrãwo dze, wova ke ɖe xexeame ƒe gɔmeɖoanyiwo ŋu, le Yehowa ƒe mokaname nu, le eƒe ŋɔti ƒe gbɔgbɔ me. 2 Samuel 22:16 Eye esi wòɖu fia la, eɖu Yerobeam ƒe aƒe blibo la katã dzi; megblẽ ame aɖeke ɖi na Yerobeam o, vaseɖe esime wòtsrɔ̃e, abe alesi Yehowa gblɔ to eƒe dɔla Axiya, Silontɔ dzi ene: Fiawo I, 15:29 Eye le nu siawo megbe la, nyɔnu la ƒe vi, si nye aƒenɔ, dze dɔ; eye eƒe dɔlélea nu sẽ ale gbegbe be gbɔgbɔ aɖeke meganɔ eme o. Fiawo I, 17:17
Hakpanya ŋuti nunya Mawu ƒe dzobibi me tsrɔ̃na, eye eƒe ŋɔti ƒe gbɔgbɔ me tsrɔ̃a wo. Hiob 4:9 Maɖe mɔ nam be magbɔ ya o, ke boŋ etsɔa vevesese yɔam fũ. Hiob 9:18